Matthew 22

Lododo le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo aɖe ŋuti

(Luka 14:15-24)

1Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be, 2“Dziƒofiaɖuƒe la le abe Fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene. 3Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu eye esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava elabena ɣeyiɣia ɖo be wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpewo katã gbe womeva o. 4Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Nu sia nu sɔ gbe vɔ, nuɖuɖua bi eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla ne wòava.’

5“Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la ɖeko woko nu eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge, ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe. 6Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu ƒo wo vevie eye woɖi gbɔ̃ ɖewo wu ɖewo gɔ̃ hã.

7“Fia la do dɔmedzoe ale wodɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ. 8Le esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo bena, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkekea ɖuɖu gake ame siwo mekpe la, medze na bubu si mede wo ŋu o. 9Eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃a ŋuti.’

10“Dɔlawo wɔ ɖe esia dzi, eye eteƒe medidi o wokplɔ amewo vɛ fũ, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu yɔ fũ kple amewo. 11Esi fia la ŋutɔ va do be yeado gbe na ame kpekpeawo la, ekpɔ ame ɖeka le wo dome si medo srɔ̃ɖewu si wotsɔ nɛ be wòado la o.

12“Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ medo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsua ƒe nu tsi te elabena menya nya si tututu wòagblɔ o. 13Fia la ɖe gbe na eŋutimewo bena ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.’ 14Elabena woyɔ ame geɖewo ke ame ʋee aɖewo koe nye ame siwo wotia.”

Nudzɔdzɔ na Kaisaro

(Marko 12:13-17; Luka 20:20-26)

15Le esia megbe la, Farisitɔwo kpe ta eye wode ŋugble le ale si woawɔ atsɔ biabia aɖe atre mɔ na Yesu alée la ŋu. 16Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herodia dunyahelawo ŋu eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nefiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o. 17Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?”

18Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe tame eya ta ebia wo be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ame kae miedi bena yewoatre mɔ na kple miaƒe aye biabia sia? 19Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ.” Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae. 20Azɔ ebia wo bena, “Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?”

21Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu.”

22Esi wose eƒe ŋuɖoɖoa la, wotsi yaa elabena ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wòɖo nya la ŋu nyuie alea eya ta wogblẽe ɖi hedzo.

Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi

(Marko 12:18-27; Luka 20:27-40)

23Gake le gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ aɖewo ame siwo mexɔ se bena ame kukuwo atsi tre le nuwuwua o la va egbɔ va biae bena, 24“Aƒetɔ, Mose de se na mí bena ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbea ƒe dome. 25Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mia dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃ gake medzi vi kple nyɔnua hafi ku o, ale eyometɔ xɔ ahosia ɖe. 26Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi etɔ̃lia xɔ ahosia ɖe gake kpao eya hã ku vi madzimadzii. Ale nɔvi ŋutsu adreawo katã ɖe nyɔnu sia kpɔ gake ɖeke medzi vi kplii o. 27Mlɔeba la nyɔnua ŋutɔ hã va ku. 28Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsi ŋkekea dzi? Elabena eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!”

29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o. 30Elabena le tsitretsitsi ŋkekea dzi srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. 31Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be, miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae bena miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be, 32‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakɔb ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae bena Mawu la, menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.”

33Yesu ƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na ameha la ŋutɔ.

Se lolotɔ la

(Marko 12:28-34; Luka 10:25-28)

34Ke esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la woƒo wo ɖokui nu ƒu. 35Eye wodometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebia be, 36“Nufiala, Se kae nye gãtɔ wu le Mose ƒe seawo dome?”

37Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kpakple wò susu katã. 38Esiae nye se gbãtɔ kple gãtɔ wu. 39Esi gakplɔe ɖo lae nye be nalɔ̃ hawòvi abe ale si ko nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene. 40Wotu se bubuawo katã kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe se eve siawo dzi.”

Kristo enye David ƒe Vi kple eƒe Aƒetɔ

(Marko 12:35-37; Luka 20:41-44)

41Esia megbe la, Farisitɔwo va ƒo xlãe ale wòbia wo bena, 42“Ale ke miekpɔ tso Mesia la ŋutɔ ŋu? Ame ka vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David vie!” 43Yesu gabia wo bena, “Ne enye David vi la, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, eyɔ Mesia la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be, David gblɔ bena 44‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ bena, nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔtenui.’

45“Esime David yɔ Mesia la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, ale ke wɔ wòganye via?” 46Nyateƒe, biabia la lolo wu wo ale be womete ŋu ɖo eŋuti o. Le esia megbe la ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.

Copyright information for EweBEE